3 John

Gbedonamewo

1Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsi la gbɔ na xɔ̃nye Gayo ame si melɔ̃na le nyateƒe me. 2Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene. 3Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu. 4Naneke medoa dzidzɔ nam wu be, mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.

Beléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo

5Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã. 6Woɖe gbeƒã na hamea katã le wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu. 7Elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso Trɔ̃subɔlawo gbɔ o. 8Le esia ta ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbewo ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒea ɖe ŋgɔ.

9Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo ame si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la, meɖo to nye nyawo o. 10Eya ta ne meva la maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.

11Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nuvloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la mekpɔa Mawu o. 12Ame sia ame ƒoa nu nyuie le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyuie. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.

Taƒonyawo

13Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. 14Mele mɔkpɔm be míado go kpuie eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume.

Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.

Copyright information for EweBEE